Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.
Nukaŋuti meva, eye amea ɖeke meli o, meyɔ ame, eye amea ɖeke metɔ o? Ɖe nye alɔ le kpuie, be wòagbe xɔxɔ na amea? eye ɖe ŋusẽ mele ŋunye, be maɖe ame oa? Kpɔ ɖa, matsɔ nye nyanyrã ana atsiaƒu namie, eye mana tɔsisiwo nazu tagba, wo me lãwo aƒaƒã, elabena tsi megale wo ŋu o, eye tsikɔ awu wo woaku.
Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.
Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.