Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.]

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 5:4
18 Mawu Ofanana  

Eye Elisa do ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ be: Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti aka.


Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.


Megana alɔ̃ nava wò ŋku dzi o, eye akɔlɔ̃e megaɖo wò aɖaba me o.


Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Tete wògblɔ nam bena: Tsi sia si to ɣedzeƒe nutowo me, esi to tagba heɖade nu atsiaƒu, si nye Dzeƒu la me, eye eƒe tsi atrɔ zu tsi nyui.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


Le ɣemaɣi la tsi gbagbe asi atso Yerusalem, eƒe afãaɖotaɣe-dzeƒeƒu la me, eye afã ado fa ɣe-foɖoƒeƒu la me le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.


Eye tso Yohanes mawutsidetanamela ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.


Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe.


Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. —


Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima.


Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ bena: Aƒetɔ, amea ɖeke mele asinye, bena ne woblu tsia la, wòakɔm ada ɖe ta la me o, ke ne megbɔna la, kasia ame bubu trea emedzedze nam.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa