34 Ke nye la nyemexɔ ɖaseɖiɖi tso amè gbɔ o, ke mele nusiawo gblɔm, bena míakpɔ ɖeɖe.
34 Nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake megblɔe ko be miakpɔ ɖeɖe.
Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!
Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.
eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.
ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.
Ame bubue nye amesi le ɖase ɖim le ŋutinye, eye menyae bena, ɖase, si ɖim wòle le ŋutinye la, enye nyateƒe.
Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o.
Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.
Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.
Ke le Israel ŋuti la egblɔ bena: „Ŋkeke blibo la katã me medo nye asiwò ɖe dukɔ, si meɖoa to o, eye wòɖea ɖeklemi la.“
Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.
Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã?
Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.
Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.
Ne míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖi la, ekema Mawu ƒe ɖaseɖiɖi la lolo wu; elabena Mawu ƒe ɖaseɖiɖi enye esia bena, eɖi ɖase le Via ŋuti.