Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. —

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 5:3
12 Mawu Ofanana  

Eye wòva me, esi fia la se Mawu ƒe ame la ƒe nya, si wògblɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋuti le Betel la, Yerobeam do asi ɖa tso vɔsamlekpuia dzi gblɔ bena: Milée! Tete eƒe asi, si wòdo ɖe egbɔ la, dze ti, eye mete ŋu gabii ɖe akɔ me o.


Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi.


Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.


Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.


Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi ve, eye wotso wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le.


Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —


Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.


Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa