Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me!
Eye Yesu gblɔ bena: Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo?
elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.