3 egblẽ Yudea ɖi, eye wògadzo heyina Galilea.
3 Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea.
Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.
Eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖa yi ƒu la nu; eye ameha gã tso Galilea kple Yudea va dze eyome.
Eye wòva ve me, esi wole mo dzi yina Yerusalem la bena, eto Samaria kple Galilea titina.
Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.
Eye wògadzo yi ɖe Yordan godo, afisi Yohanes de mawutsi ta na amewo le gbã, eye wònɔ afima.
Eyaŋuti Yesu megatsana le Yudatɔwo dome le gaglãgbe o, ke boŋ edzo le afima yi anyigba, si te ɖe gbedzi ŋu la dzi, ɖe dua ɖe, si woyɔna be Efrayim la me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo tsi afima.
Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.
Nusiawo megbe la Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Yudea-nyigba dzi, eye wònɔ afima kpli wo, eye wòde mawutsi ta na amewo.
Nusi wòkpɔ kple nusi wòse la, eya ŋuti wòɖia ɖase lena, eye amea ɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖi la o.
Esi wose bena, Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòɖe kuku bena, neva, eye woada gbe le ye vi ŋu; elabena eɖo kudo nu.
Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.