Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Mia fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woaɖo gbe ɖa le.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 4:20
20 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa kple wò koko, si neƒo le ŋkunye me la; meka xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.


Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.


Eye Dawid gblɔ be: Esia nye Yehowa Mawu ƒe aƒe, eye esia nye vɔsamlekpui ɖe Israel ƒe numevɔsa ŋu.


ke metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afima, kple Dawid, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.


Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le zã me gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa, eye metia teƒe sia wo nye vosaƒe.


Azɔ metia xɔ sia, eye mekɔ eŋu be, nye ŋkɔ nanɔ afima tegbee, eye nye ŋku kple nye dzi nanɔ afima ɣeawokatãɣi.


Elabena Yehowa fia Zion, eye wòdi be, wòanye nɔƒe na ye.


ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Eye womexɔe o, elabena Yerusalem yiyi ɖo eƒe ŋku me.


Alo ɖe nèwu mía fofo Yakob, amesi na vudo la mi, eye eya ŋuta kple viawo kpakple eƒe lãwo no eme tsi mahã?


Ne Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò va anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò dzi la, ekema natsɔ Gerizĩm awɔ yayrato, eye natsɔ Ebal awɔ fiƒodetoe.


Amesiwo atsi tre ɖe Gerizim-to dzi ayra dukɔ la, ne mietso Yordan la, wonye: Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar, Yosef kple Benyamin,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa