9 Nikodemo xɔ dzi gblɔ ne bena: Aleke esiawo ate ŋu ava me mahã?
9 Nikodemo gabia Yesu be, “Aleke esia ate ŋu ava emee?”
Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.
Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o.
Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã?
Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?
Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia?
Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.
Azɔ Yudatɔwo he nya le wo nɔewo dome gblɔ bena: Aleke amesia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí, be míaɖu mahã?
Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?