Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 3:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nèdo goe le Yɔdan tɔsisi la godo, ame si ŋuti nèɖi ɖase le hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖewo le egbɔ yim.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 3:26
23 Mawu Ofanana  

Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Meta ɖokuinye, nya vava do tso nye nu me, eye matrɔ o be: Klowo katã ata anyi nam, eye aɖewo katã aka atam nam


kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli.


Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.


Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.


Ne miena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ miaƒe anyigba kple miaƒe dukɔ le mia si.


Tete farisitɔwo gblɔ le wo nɔewo dome bena: Miekpɔ bena, miete ŋu le naneke wɔm o; kpɔ ɖa, xexeame katã dze eyome.


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Azɔ esi Yesu nyae bena, farisitɔwo se bena, Yesu le mawutsi dem ta na amewo, eye wòle nusrɔ̃lawo wɔm wu Yohanes la


gake Yesu ŋutɔ mede mawutsi ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe,


Le esia me la nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Rabi, va ɖu nu.


Miawo la mieɖo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase na nyateƒe la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa