Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 3:2
30 Mawu Ofanana  

Tete nyɔnu la gblɔ na Eliya bena: Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Tete fia, Zedekiya ka atam na Yeremya le adza me bena: Metà Yehowa, amesi na agbe sia mi la ƒe agbe: Ne mawu wò alo atso wò ade asi na ŋutsu, siwo le wò ku dim la fi!


Eye wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodiahawo ɖo ɖe legba gblɔ bena: Nufiala, míenye bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe me, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o: elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o.


kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Eye esi wova la, wobiae bena: Nufiala, míenyae bena, nyateƒetɔ nènye, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa ame ŋku me o; hafi boŋ nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe nu. Woɖe mɔ bena, woana nudzodzo kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Ɖe miana loo, alo miana o mahã?


Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna?


Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o,


Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Yesu gblɔ nɛ bena: Maria! Ke esi wòtrɔ eɖokui la, egblɔ nɛ le Hebri-gbe me bena: Rabuni! si gɔmee nye nufiala.


Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ.


Le esia me la nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Rabi, va ɖu nu.


Ke nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.


Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.


Ke ame geɖewo xɔ edzi se le ameha la dome, eye wogblɔ bena: Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã?


Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e.


Tete Gideon ɖe ŋutsu ewo le eƒe dɔlawo dome, eye wòwɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene; mewɔe le keli o, ke boŋ ewɔe le zã, elabena ele fofoa ƒemetɔwo kple dua me ŋutsuwo vɔ̃m.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa