Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 3:18
19 Mawu Ofanana  

Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.


Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena,


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.


Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xa mí ɖe akɔ hã.


Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Eye míekpɔ bena, womete ŋu yi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti!


Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.


Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me.


Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o.


Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa