Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii,

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 3:14
16 Mawu Ofanana  

Eɖe nuxeƒewo ɖa, eye wògbã aƒeliwo, elã Aserawo, eye wògbã akɔblida, si Mose wɔ la; elabena Israel-viwo do dzudzɔ nɛ vaseɖe ɣemaɣi, eve wòna ŋkɔe be Nexustan.


Ami ƒu le ƒuto me nam abe sonugaglɛ ene, nye aɖe le ɖe nye veme, eye nètsɔm ɖo ku ƒe ʋuʋudedi me.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã? Elabena ele be, woava me nenema tsã!


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.


alesi miaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo ɖee asi, be woatso kufia nɛ, eye woaklãe ɖe ati ŋuti.


bena woawu nya, si Yesu gblɔ hefiã ku, si ƒomevi ku ge wòala la nu.


Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa