Yohanes 21:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191318 Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Esime nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ esaa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò, eye nèyia afisi ke nèlɔ̃na; ke ne èku amegã la, amlo wò abɔwo me, eye ame bubu asa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakplɔ wò ayi afisi melɔ̃na o. Onani mutuwoAgbenya La18 Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.” Onani mutuwo |