Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 21:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 21:17
40 Mawu Ofanana  

Eye nukata Dawid aganɔ nu ƒom kpli wò, elabena ènya wò dɔla, Aƒetɔ Yehowa!


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Nya ka Dawid agagblɔ na wò akpe ɖe wò dɔla ƒe bubu la ŋu, elabena ènya wò dɔla.


Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Elabena mewɔa fu ame, eye medoa nuxaxa na amegbetɔviwo le dzidzɔ teƒe o.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Eye enumake la koklo ku atɔ zi evelia. Eye Petro ɖo ŋku nya la dzi, alesi Yesu gblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòƒu du do go, eye wòfa avi.


Elabena ame dahewo li kpli mi ɖaa; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Yesu ɖo ŋu bena: Atsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Koklo maku atɔ, hafi nagbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.


Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


Tete Petro gasẽ nu, eye enumake koklo ku atɔ.


Ke esi Yesu nya nusiwo katã le edzi va ge la, edo go, eye wògblɔ na wo bena: Ameka dim miele?


Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Esime nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ esaa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò, eye nèyia afisi ke nèlɔ̃na; ke ne èku amegã la, amlo wò abɔwo me, eye ame bubu asa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakplɔ wò ayi afisi melɔ̃na o.


Egblɔ nɛ bena: Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia.


Eye wodo gbe ɖa gblɔ bena: Aƒetɔ, wò amesi nya amewo katã ƒe dzime la, fia ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia,


Eye esia va me zi etɔ̃, eye wogahe wo katã yi dziƒoe.


Eye Mawu, si nya dziwo me la, ɖi ɖase na wo, le esime wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo, abe alesi wòna miawo hã ene;


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


si me miatso aseye le, wònye ele na mi be, miaxa nu azɔ ɣeyiɣi ʋeea ɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi,


Lɔlɔ̃tɔwo, esia nye agbalẽ evelia xoxo, si meŋlɔ ɖo ɖe mi, eye metsɔ ŋkuɖoɖonudzi nyɔ miaƒe tamesusu, si me kɔ la le wo me,


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa