Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 20:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena womenya ŋɔŋlɔ la bena, ele nɛ be, wòatsi tre tso ame kukuwo dome la, haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 20:9
22 Mawu Ofanana  

Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o.


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wòle ɣaɣla ɖe wo bena, ne womagadze sii o, eye wova le nya sia biabia ŋuti.


Eye esi wòtsi tre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi bena, egblɔ esia ɖi, eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya, si Yesu gblɔ la, dzi se.


eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.


Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa