Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 20:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 20:26
14 Mawu Ofanana  

Yehowa, ana ŋuti fafa mí, elabena èwɔ míaƒe do wo katã de goe na mí.


negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi!


Elabena ne towo te ɖa, eye togbɛwo ʋã hã la, nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maʋã o, Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe!


Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsa Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔe ɖe dzi, woawo ɖeɖe.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Ke esi wole nu ƒom le nusiawo ŋuti la, eya ŋutɔ tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi!


Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa.


Tete Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na nɔvia nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne miawo hã míayi, bena miaku kpakplii.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Nusiawo megbe la Yesu gaɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Tiberia-ƒu la nu; eye wòɖe eɖokui fia ale:


Esia enye zi etɔ̃lia, si Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.


amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa