Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 20:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 20:25
25 Mawu Ofanana  

Ne meyɔe, eye wòtɔ nam hã, nyemaxɔe ase be, ele to ɖe nye gbe ŋu o.


Ami ƒu le ƒuto me nam abe sonugaglɛ ene, nye aɖe le ɖe nye veme, eye nètsɔm ɖo ku ƒe ʋuʋudedi me.


Ke to nusiawo katã gbɔ hã wogawɔ nuvɔ̃ yi dzi, eye womexɔ eƒe nukunuwo dzi se o.


Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase.


Eye woawo la, esi wose bena, ele agbe, eye wokpɔe la, womexɔe se o.


Eye woawo hã wodzo yi ɖaka eta na ame mamlewo; gake womexɔ woawo hã dzi se o.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblo ɖi la, dzi ase.


Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).


Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ.


Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.


Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Ke amekawo wòka atam na bena, ne woahade yeƒe dzudzɔ la me fĩ? Ɖe menye na tosẽlawo o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa