Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 20:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Ameka dim nèle? Ke eya bu xa bena, abɔdzikpɔlae, egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe tsɔe yii la, gblɔ afisi nètsɔe yi ɖamlɔ la nam, eye nye la mayi aɖatsɔe vɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 20:15
12 Mawu Ofanana  

Eyata mafa aɖatsa le dua me le ablɔ me kple kpɔdomewo, ne madi amesi nye luʋɔ lɔ̃na la! Medii, ke nyemekpɔe o.


Nyɔnuwo ƒe tugbedzɛ, afika wò lɔlɔ̃tɔ la yi? Gakae wo lɔlɔ̃tɔ la trɔ ɖo, ne míadii na wo ti.


Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!


Ke esi wobu xa bena, ana mɔzɔha la dome la, wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ, eye woɖii le woƒe ƒomeawo kple ame nyanyɛawo dome,


ke esi wovɔ̃, eye wode mo to la, wogblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ame gbagbe dim le ame kukuwo dome mahã?


Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna?


Ke esi Yesu nya nusiwo katã le edzi va ge la, edo go, eye wògblɔ na wo bena: Ameka dim miele?


Tete wògabia wo bena: Ameka dim miele? Eye wogblɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae!


Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o.


Megabu wò dɔlanyɔnu ame ɖigbɔe o, nye hiãwo kple nuxaxawo ŋu meƒo nu le vaseɖe fifi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa