Ke esi dɔ va Egipte-nyigba blibo la dzi la, dukɔ la ƒo zi va bia nuɖuɖu Farao. Eye Farao gblɔ na Egiptetɔwo bena: Miyi Yosef gbɔ, eye nusi wòagblɔ na mi la, miawɔe.
Eye mewɔ, abe alesi wode se nam ene: Metsɔ nye agba la do goe le ŋkeke me abe mɔzɔgba ene, eye metsɔ asi ŋɔ gli la le fiẽ; esi blukɔ do la, metsɔe dzoe, eye mekɔe ɖo abɔta le wo ŋku me.
Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.