Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 2:4
20 Mawu Ofanana  

Ke fia la gblɔ be: Nya ka me mele kple mi Zeruya viwo? Nedo ɖiŋu faa! Elabena nenye Yehowae gblɔ nɛ be: do ɖiŋu na Dawid la! ameka kpɔ mɔ agblɔ be: nukaŋuti nèle wɔwɔm alea?


Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa?


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te.


Tete Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva mè na wò, abe alesi nèdi ene. Eye eƒe nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miedim ma? Ɖe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã?


Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Eye esi wein mede wo nu o la, Yesu dada gblɔ nɛ bena: Wein mele wo si o.


Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Ameka dim nèle? Ke eya bu xa bena, abɔdzikpɔlae, egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe tsɔe yii la, gblɔ afisi nètsɔe yi ɖamlɔ la nam, eye nye la mayi aɖatsɔe vɛ.


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye azãgbe la meɖo haɖe o: ke miawo la miaƒe azãgbe la ɖona ɖaa.


Miawo la, miheyi ŋkekenyuiea ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyuie sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vo haɖe o.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.


Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa