Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 2:25
9 Mawu Ofanana  

ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, wɔ edzi, eye nawɔ na amesiame le eƒe zɔzɔwo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzi mee ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo katã ƒe dzi me;


Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu, madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o.


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


Elabena enya amesi le eyome mɔ fia ge; eyaŋuti wògblɔ bena: Menye mi katã ŋutie ɖi o.


Ke esi Yesu nya le ye ŋutɔ ɖokui me bena, eƒe nusrɔlawo le liʋiliʋi lim le esia ŋuti la, egblɔ na wo bena: Alo ɖe esia le nu ɖiam na mi mahã?


Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa