Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 2:10
15 Mawu Ofanana  

Eye wòna womã nuɖuɖu, si le egbɔ la, na wo, ke Benyamin tɔ sɔ gbɔ wu wo katã tɔ zi atɔ̃. Emegbe la wono nu kplii, eye wokpɔ dzidzɔ.


Wein doa dzidzɔ na amagbetɔ ƒe dzi, eye wònana eƒe mo zrɔ̃na lãlãlã wu ami; ke abolo doa ŋusẽ amegbetɔ ƒe dzi.


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!


eye woade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo,


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


elabena menye aha amesiawo mũ, abe alesi miele bubum la ene o; elabena ŋkeke ƒe ga ƒoƒo etɔ̃lia ko wònye:


Elabena amesiame tsɔa ye ŋutɔ ƒe nuɖuɖu heɖuna gbã le nuaɖuƒe, ɖɔ nɔa amea ɖe wum, ke ame bubu mua aha.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Elabena amesiwo dɔa alɔ̃ la, zãe wodɔa alɔ̃, eye amesiwo mua aha la, zãe womua aha;


amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa