1 Tete Pilato tso Yesu na woƒo kple atam.
1 Ale Pilato na woƒo Yesu kple atam.
Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye mẽdome, eye wodze boliƒo lebe.
Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.
Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.
eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?
Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,
eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre.
Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.
Ke woawo la wotee ɖe eŋu hele ebiam kple gbe sesĩe bena, ɖeko woaklãe ɖe ati ŋuti. Eye woƒe gbewo wu etɔ.
Yudatɔwo si mexɔ ƒoƒo ɖeka ɖi go blane me le zi alɔ,
ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me;
Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.