Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.
Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“
ekema megagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ naɖu gbemagbe ke, elabena Mawu ƒo fi ɖe amesi wode kae ɖe ati ŋu la, eye megagblẽ ko ɖo na anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la o.