Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 18:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye kluviawo kple dolawo le tsitre, eye wodo akadzo; elabena vuvɔ le wɔwɔm, eye wole dzo la ƒum, eye Petro hã tsi tre ɖe wo gbɔ le dzo la ƒum.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 18:18
16 Mawu Ofanana  

Nye luʋɔ made woƒe adaŋu me o, eye nye dzi mabɔ ha kple wo o, elabena de dziku me wowu ŋutsuwo eye le dzidzɔ teƒe wòŋe ata na nyitsuwo.


Afima wòyi ɖe agadoa ɖe me le ɖatsi afima dɔ. Eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe gbe va egbɔ hegblɔ nɛ bena: Eliya, nuka wɔm nèle le afisia?


Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo fe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o;


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


Eye Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã la ƒe mɔ̃ me, eye wòbɔbɔ nɔ dɔlawo gbɔ le dzo ƒum.


eye esi wòkpɔ Petro le dzo ƒum la, ekpɔe dũ hebena: Wò hã ena Yesu Nazaretetɔ la gbɔ kpɔ.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Ke Simon Petro le tsitre le dzo ƒum. Eye wogblɔ nɛ bena: Alo wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye mahã? Eyama sẽ nu gblɔ bena: Menye nyee o.


Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Eye esi woɖi go la, wokpɔ akadzo le afima, eye lã kple abolo le edzi.


Eye esi woɖe asi le wo ŋu la, wova wo tɔwo gbɔ, eye woxlẽ nusiwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ na wo la, fia wo.


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa