Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 18:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Yesu gblɔ esiawo vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo do go yi ɖatso Kidron-tɔʋu la, afisi abɔa ɖe le, si me eya kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esi Yesu do gbe ɖa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo ɖato Kidron Bali la me. Woyi egodo, eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 18:1
25 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eɖen-bɔ me, be woaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.


Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Eye anyigba blibo la fa avi hoo, esi ameha blibo la tso me yi. Esi fia la tso Kidron-tɔʋua la, ameha blibo la dze ŋgɔ to mo, si ɖo ta gbedzi.


Eɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewo legba na Asera, eye Asa mũ legba la ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me.


Gbesigbe nado atso Kidron-toʋua la nyae be, àku; wò ʋu ava wò ta dzi


Eye fia la gbã vɔsamlekpui, siwo le Axaz ƒe xɔta, siwo Yuda-fiawo ɖi, kple vɔsamlekpui, siwo Manase ɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo kple eve la, eye wòɖe wo ɖa tso afima hetsɔ woƒe anyi ɖakɔ ɖe Kidron-tɔʋu la me.


Tete fia la de se na nunɔlagã Xilkiya kple nunɔlagã yometɔwo kpakple kpuinudzɔlawo, be woafɔ nusiwo katã wowɔ na Baal kple Asera kpakple dziƒonuwo katã la, ado goe le Yehowa ƒe xɔ la me; eye woɖatɔ dzo wo ɖe Yerusalem godo le Kidron-bali la me, eye wolɔ woƒe afi yi Betel.


Eye wòɖe Asera do goe tso Yehowa ƒe aƒe la me tsɔ yi Kidron-tɔʋu la nu le Yerusalem godo; etɔ dzoe le Kidron-tɔʋu la nu, eye wòtui memee helɔ wu de ame tsɛwo ƒe yɔdowo dzi.


Eye fia Asa ɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewɔ legba na Asera. Asa mũ legba la, eye wògbãe ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me


Eye nunɔlawo ge ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, be yewoakɔ eŋu, eye woɖe nu makɔmakɔ, siwo katã wokpɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, do goe va Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu, eye Lewi-viwo xɔ wo hetsɔ yi Kidron-tɔʋu la nu.


Eye wotsi tre fɔ vɔsamlekpui, siwo le Yerusalem, kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã ɖaƒu gbe ɖe Kidron-tɔʋu la me.


Eye mete bali la me le zã hede ŋku ɖe gli la, emegbe metrɔ va to balimegbo la nu hegbɔ va aƒe me.


Eye ame kuku balime, dzowɔ balime blibo la kpakple agblewo katã ɖake ɖe Kidron-tɔʋu la nu vaseɖe sɔgbo la ƒe dzogoe dzi anɔ kɔkɔe na Yehowa; womagagblẽe azɔ o, eye womagagbãe aƒu anyi akpɔ gbeɖe o.


Flii kakɛkakɛ, eye nakɔ ami ɖe edzi, elabena nuɖuvɔsae.


Eye le akpedahadzidzi vɔ megbe la wodo go yi ɖe Amito la ŋu.


Tete woa kple Yesu wova teƒea ɖe, si woyɔna be Getsemane, eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime.


Eye esi wodzi akpedaha vɔ la, woɖo go yi ɖe Amito la ŋu.


Eye wova ɖo teƒea ɖe, si ŋkɔ enye Getsemane; eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mado gbe ɖa.


Mitsi tre, mina midzo! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la, egogo!


gake bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna. Mitsi tre, ne miadzo le afisia!


Nunɔlagã la ƒe kluviwo dometɔ ɖeka, si nye amesi ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ la, gblɔ bena: Alo ɖe nyemekpɔ wò le abɔa me kplii o mahã?


Eye esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu hebla ye ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo gblɔ bena: Ale Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ esi: Ale Yudatɔwo abla ŋutsu, alidziblanu sia tɔ, le Yerusalem enye si, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa