Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 17:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o: ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; elabena tɔwo wonye:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 17:9
17 Mawu Ofanana  

ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


Ke esi wo kplɔlawo kpɔ nusi va ve me la, wosi, eye wògblɔe fia le dua me kple agbletawo.


Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me:


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Ke menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu;


Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe tso xexeame nam. Towo wonye, eye netsɔ wo nam, eye wole wò nya la me ɖe asi.


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


Ke esia enye amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, bena nusianu, si wotsɔ nam la, ne magabu ɖeke o, ke boŋ bena mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa