Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 17:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Fofo, nyemele biabiam be nàɖe wo le xexea me o, ke boŋ nàkpɔ wo ta tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 17:15
18 Mawu Ofanana  

mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.


Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.


Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu.


Yehowa, wò yɔm mele; Yehowa, wòe mele koko ƒom na be:


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Ame dzɔdzɔe kuna, eye medea dzigbɔ na amea ɖeke o, woɖea mawumemewo ɖa, ke amea ɖeke medzea sii be, vɔ̃ɖiwɔwɔ nu woɖea ame dzɔdzɔe ɖa le o.


Ke boŋ miaƒe nya nanye: Ẽ, ẽ; o, o; eye nusi ke wu esiawo la, etso vɔ̃ɖito la me.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


amesi tsa eɖokui hena le mia nuvɔ̃ ŋuti, bene yeaɖe mí atso xexeme vɔ̃ɖi, si li fifia me le Mawu, mía Fofo, ƒe lɔlɔ̃nu la nu,


Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o.


Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa