9 Le nuvɔ̃ ŋuti, elabena womexɔa dzinye sena o;
9 elabena le nu vɔ̃ ŋuti la, amewo mexɔ dzinye se o.
Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.
Eye ne eyama va la, aƒoe ɖe xexeame nu le nuvɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti:
Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,
nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.
Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,