Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 16:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye azɔ la meyina amesi dom ɖa la gbɔ, eye mia dometɔa ɖeke mebiam bena: Afika neyina o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 “Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 16:5
15 Mawu Ofanana  

esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la,


Simon Petro gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, afika nèyina? Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Afisi nye la meyina la, mele ŋule ge adze yonyeme fifia o; ke emegbe la adze yonyeme.


Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.


le dzodzoenyenye ŋuti, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o;


Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miagakpɔm; elabena meyina Fofoa gbɔ.


Tete la eƒe nusrɔ̃lawo dometɔa ɖewo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukae nye esia, si wògblɔ na mi bena: Esusɔ ʋee, eye miakpɔm o, eye wògasuso ʋee, eye miakpɔm; eye bena meyina Fofoa gbɔ mahã?


Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame: megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ.


Ke azɔ la megbɔna gbɔwò, eye mele nusiawo gblɔm le xexeame, bena nye dzidzɔ la nanɔ wo me, ayɔ wo fũ.


Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si netsɔ nam, be mawɔ la nu.


Azɔ, ne míakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo, afisi wòtso la, yim ɖe?


Tete Yesu gblɔ bena: Manɔ anyi kpli mi ɣeyiɣi via ɖe ko, eye magblẽ mi ɖi ayi amesi dɔm ɖa la gbɔ.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa