Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 16:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Azɔ la, míenyae bena ènya nu sia nu, eye megahiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia ta míexɔe se be, Mawu gbɔ nètso va.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 16:30
12 Mawu Ofanana  

Tete nyɔnu la gblɔ na Eliya bena: Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.


Tete la eƒe nusrɔ̃lawo dometɔa ɖewo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukae nye esia, si wògblɔ na mi bena: Esusɔ ʋee, eye miakpɔm o, eye wògasuso ʋee, eye miakpɔm; eye bena meyina Fofoa gbɔ mahã?


Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.


Le ŋkeke ma me la miaɖe kuku le nye ŋkɔa dzi, eye nyemele egblɔm na mi bena, nye la mabia Fofo la ɖe mia nu o;


Yesu ɖo ŋu na wo bena: Fifi ko miele exɔm le sesem mahã?


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu me va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa