Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 16:3
17 Mawu Ofanana  

Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ bena: Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.


Ke woawo esiawo katã ɖe mia ŋuti le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya amesi dom ɖa la o.


Amesi léa tum la, eléa fu Fofonye hã.


Fofo dzɔdzɔe, xexeame menya wò o, ke nye la menya wò, eye amesiawo hã wonyã bena, wòe dɔm ɖa;


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Tete wogblɔ nɛ bena: Afika fofowò la le? Yesu ɖo ŋu bena; Mienya mía kple Fofonye o. Ɖe mienyam la, mianya Fofonye hã.


Eye mienyae o, gake nye la menyae, eye ne megblɔ bena, nyemenyae o la, ekema manye aʋatsokala abe miawo ke ene; gake menyae, eye medzra eƒe nya la ɖo.


Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene.


si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.


le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o,


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.


Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.


Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa