Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 16:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Nusianu, si le Fofo la si la, tɔnyee; eyaŋuti megblɔ bena, aɖe atso tɔnye me, eye wòagblɔe afia mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee. Esia ta megblɔ be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye ɖo.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 16:15
12 Mawu Ofanana  

Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ bena: Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.


esi Yesu nya bena, Fofoa tsɔ nuwo katã de esi me, eye bena Mawu gbɔ wòtso va, eye wogale Mawu gbɔ yi ge la,


Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.


eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwo hã tɔnyee, eye wokɔ ŋutinye le wo me.


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me.


elabena edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me,


amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.


Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa