Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 15:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Ɖe nyemeva gblɔ mawunya na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 15:22
17 Mawu Ofanana  

Ke wosee o, womeɖasee o, woanyae be, nyagblɔɖila ɖe nɔ yewo dome kpɔ; elabena ƒome sẽto wonye.


dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm ne o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafee ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu.


Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.


Amesi léa tum la, eléa fu Fofonye hã.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Le nuvɔ̃ ŋuti, elabena womexɔa dzinye sena o;


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.


Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;


Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.


abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa