8 Filipo gblɔ ne bena: Aƒetɔ, fia Fofo la mi, eye aɖi kɔ na mi.
8 Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema míaƒe dzi adze eme.”
Edo gbe ɖa na Mawu, eye wòve enu hekpɔ eƒe ŋku me dzidzɔtɔe, eye wòɖo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔenyenye teƒe nɛ.
Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.
Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi.
Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la: elabena woawoe akpɔ Mawu.
Natanael gblɔ ne bena: Afika nènyam le? Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso.
Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.