Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 14:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 14:6
57 Mawu Ofanana  

Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Eya me agbe le, eye agbe la nye amewo ƒe kekeli la.


eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.


Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo.


Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe.


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.


Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.


Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.


Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.


Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.


Sigbe alesi Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye nye la mele agbe le Fofoa ŋuti la, nenema ke amesi ɖuam la, eya hã anɔ agbe le ŋutinye.


Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.


eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku kpɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me.


eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.


Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.


eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.


bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.


Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe.


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


Esiawo nye nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.


Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme,


Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe esia fia bena, womeʋu mɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me haɖe o, ŋkeke alesi agbadɔ ŋgɔgbetɔ la gali ko,


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Amesi gbɔ mieva wònye kpe gbagbe, si amewo gbe; gake le Mawu gbɔ la enye nu tiatia kple nusi xɔ asi sesẽ,


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.


Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la.


Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi.


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me;


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena:


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa