25 Megblɔ esiawo na mi, esi megale mia gbɔ.
25 “Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ.
Tso esia dzi la mele egblɔm na mi, hafi wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase bena nyee.
Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.
Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.
Eye azɔ megblɔe na mi, hafi ne wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase.
Esiawo megblɔ na mi, bena nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nayɔ tu.
Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi, gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.