14 Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe.
14 Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.
Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me.
Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me:
Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.
Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.
Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.
Meda akpe na nye Mawu ɖaasi le mia ta le Mawu ƒe amenuveve, si wona mi le Kristo Yesu me la ŋuti,