Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 14:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 14:13
36 Mawu Ofanana  

Eye nusianu, si ke míabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.


Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi;


Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.


Eye nye la mele egblɔm na mi bena: Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Ke Yesu do ɣli, eye wògblɔ bena: Amesi xɔa dzinye sena la, menye dzinye xɔm wòle le sesem o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la dzie.


Azɔ esi wòdo go la, Yesu gblɔ bena: Fifi ko wokɔ Amegbetɔvi la ŋuti, eye wokɔ Mawu ŋuti le eyama me;


Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.


Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.


Le ŋkeke ma me la miaɖe kuku le nye ŋkɔa dzi, eye nyemele egblɔm na mi bena, nye la mabia Fofo la ɖe mia nu o;


Gake la nyateƒe gblɔm mele na mi: Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Ɖe nènya Mawu ƒe nunana la kple amesi nye amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.


ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


Eyata amesi tsoa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, nado gbe da, bene woade gɔme hã.


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


amesi me miekpɔ dzideƒo kple mɔnu le dziɖoɖo ɖe eŋu me to eyama dzixɔxɔse me.


Eyata medzea nye klo na mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye miewɔa nusiwo dzea eŋu.


Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa