Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Petro gblɔ nɛ bena: Wò la màklɔ nye afɔwo ŋuti akpɔ o. Yesu xɔ dzi ne bena: Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mele gomea ɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 13:8
28 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Vinye la mayi kple mi o, elabena nɔvia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi le mɔ dzi la, ekema miawoe na nye amegã wɔtamee sia metsɔ konyifafa yi tsiẽƒee.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese woƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, yi wò agbadɔ me! Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel dzo yi eƒe agbadɔ me.


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Ke eɖo eŋu gblɔ bena: Megbe! Ke emegbe la evee, eye wòyi.


Ke Petro xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.


Petro gblɔ nɛ bena: Ne anɔ nam bena, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o. Nenema ke nusiawo katã wogblɔ.


Azɔ wòva ɖo Simon Petro gbɔ. Eya gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ ŋuti nam mahã?


Simon Petro gblɔ ne bena: Ekema menye nye afɔwo ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ nye asiwò kple nye la hã.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la,


eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ mè; menye le bubunua ɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa