Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbo. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edoa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene.
Tete wòƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu, si Yesu lɔ̃na la gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Wotsɔ Aƒetɔ la le yɔdo la me yii, eye mienyã afisi wotsɔe ɖada ɖo o.
Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã?
Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.