7 Tete Yesu gblɔ bena: Na mɔe, edzrae ɖo ɖi na nye ɖigbe.
7 Tete Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia be yeadzram ɖo ɖi na nye ɖigbe.
Elabena ele tsitre ɖe ame dahe la ƒe nuɖusi me, ne yeaxɔe tso amesiwo le fɔ bumee la si me.
Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?
Ke esi Yesu dze sii la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele fu ɖem na nyɔnu la? Elabena ewo do nyui nam.
Elabena esi wòtsɔ ami sia ko ɖe nye ŋutilã dzi la, ewɔe hena nye ɖiɖi.
Ke Yesu gblɔ bena: Mina mɔe; nuka ƒe fu ɖem miele nɛ mahã? Dɔ nyui wòwɔ nam.
Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si ŋkɔ enye Yosef, amesi nye adaŋudela kple ame nyui kple ame dzɔdzɔe,