Gake kpe alesi nu womèna vaseɖe fifi la, mina woamèe, eye migaɖe ɖeke le edzi na wo o! Elabena kuvia wɔm wole; eyata wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Míayi aɖasa vɔ na miaƒe Mawu.
mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;
Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.
Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.
Elabena ɖewo bu xa bena, esi gakotoku la le Yuda si la, eyata Yesu gblɔ nɛ bena: Ele nusiwo miehiã la, hena ŋkekenyuie la ɖuɖu, alo bena netsɔ nane na ame dahewo mahĩ.