Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.
Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋu tɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dziwo me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.
Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.
hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso; amesi ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.
Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.
Eye wògblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃; gake de bubu ŋunye fifia le nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple Israel ŋku me dzro, eye nagbugbɔ kplim, ne mayi aɖade ta agu de Yehowa, wò Mawu la ŋku me!
Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.