Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 12:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Azɔ ameha, siwo le tsitre, eye wosee la, gblɔ bena: Dzie ɖe gbe, bubuwo gblɔ bena: mawudɔlaa ɖee ƒo nu kplii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Esi ameha la se gbe sia la, wogblɔ be dziɖegbee; bubuwo gblɔ be mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 12:29
12 Mawu Ofanana  

Ɖe abɔ le asiwò abe Mawu ene, eye nate ŋu aɖe gbe abe eya enea?


Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya.


Esi dukɔ blibo la se dziɖegbe kple kpẽawo ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzikedzo kple alesi toa le dzudzɔ tumi la, dukɔ la dzo nyanyanya, eye wotsi tre ɖe adzɔge ke.


Eye wose Kerubiawo ƒe aʋala ƒe ɖiɖi le xɔxɔnu kɔtoetɔ ke abe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne ele nu ƒom ene.


Ke ŋutsu, siwo le mɔ zɔm kplii la, tsi tre ɖi nu maƒomaƒoe; wole gbe la sem, gake womelé amea ɖeke kpɔm o.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene.


Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va!


Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa