Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 12:2
12 Mawu Ofanana  

Anyieheya, tso, eye dzieheya, va, naƒo ato nye abɔ me, ne eƒe ʋeʋẽ nagbagba di.


Esi Yesu le Betania le Simon, dzɔbutɔ la ƒe me la,


Eye esi wòle Betania le Simon, dzɔbutɔ la, ƒe me le nuɖuƒe la, nyɔnua ɖe va kple alabastrogoe, si me nardomi nyuitɔ, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la le, eye wogbã goe la hetrɔe kɔ ɖe eƒe ta me.


Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.


Eye wògblɔ na amesi kpee hã bena: Ne èɖo ŋdɔ- alo fiẽkplɔ̃ la, megayɔ xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo, alo wò ƒometɔwo, alo hawòvi kesinɔtɔwo o, bena woawo hã nagakpe wò, eye woaɖo eteƒe na wò o.


Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.


Eye Lewi ɖo kplɔ̃ gãa ɖe ne le eƒe me: eye nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gãa ɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nuaɖuƒe kpli wo.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa