Fia la bia Ziba bena: Nuka nèbe, yeawɔ nu siawoe? Ziba ɖo ŋu be: Tedziawo nye fia la ƒe aƒea to, ne woaɖo; aboloawo kple kutsetse kpoawo nye ɖekakpuiawo tɔ, ne woaɖu; eye wein la nye amesiwo ŋu ɖeɖi te le gbedzi la to, ne woano.
Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.