Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 Eyaŋuti Yesu megatsana le Yudatɔwo dome le gaglãgbe o, ke boŋ edzo le afima yi anyigba, si te ɖe gbedzi ŋu la dzi, ɖe dua ɖe, si woyɔna be Efrayim la me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo tsi afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

54 Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:54
9 Mawu Ofanana  

Eye wòva me le ƒe eve megbe, esime Absalom le fu kom na alẽwo le Baal-Xazor, si le Efrayim gbɔ la, Absalom kpe fia viŋutsuwo katã.


Abiya ti Yerobeam yome, eye wòxɔ eƒe duwo, siwo nye Betel kple eŋu duwo, Yesana kple eŋu duwo kpakple Efron kple eŋu duwo.


Eye wògadzo yi ɖe Yordan godo, afisi Yohanes de mawutsi ta na amewo le gbã, eye wònɔ afima.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Ke esi nɔviawo yi ŋkekenyuiea ɖuƒe la, eya hã yi, menye le gaglãgbe o, ke boŋ le adza me.


Gake la amea ɖeke megblɔe le eŋuti kple dzideƒo o; elabena wovɔ̃ Yudatɔwo.


Elabena amea ɖeke mewɔa naneke le ɣaɣlaƒe, eye wòdina be, ye ŋuta vea dze le gaglãgbe o. Ne ewo esiawo la, ekema ɖe ɖokuiwò fia xexeame.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa