Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:53 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Azɔ tso ŋkeke ma dzi la wodo bena, yewoawui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

53 Tso ema dzi la, wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu.

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:53
22 Mawu Ofanana  

Ke esi wokpɔe le adzɔge, eye mekpɔ ɖo wo gbɔ haɖe o la, wode adaŋu le eŋu be, yewoawui le aye me.


Tete mexlɔ̃ nu wo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi glia godo ɖɔ? Ne miegawɔe le ekema malé mi! Tso ɣemaɣi dzi la womegava le dzudzɔgbe dzi kpɔ o.


Megbiɔ na dukɔ la ɣemaɣi hã bena: Amesiame kple eƒe ɖekakpui natsi Yerusalem ɖɔ, ne woa-nye dzɔlawo na mi le zã me, eye woawɔ ɖɔ le ŋkeke me,


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia vaseɖe mava me!


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye medi ze gbagbã.


Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo


Yeremya ɖo ŋu na Zedekiya bena: Ne megblɔe fia wò la, ɖe mãwum oa? Eye ne meɖo aɖaŋu na wò la, mèhele to ɖo gem o ɖe?


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.


Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.


Eye amea ɖeke mete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ, alo do dzi gabia nyaa ɖee tso ŋkeke ma dzi heyina o.


eye wode adaŋu bena, yewoalé Yesu le adaŋu me, eye yewoawui.


Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã le aʋatsoɖaseɖiɖiwo dim ɖe Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;


Tete farisitɔwo do go enumake kple Herodiahawo, eye wode adaŋu le eyama ŋuti, alesi woawɔ awui.


Tete la nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.


Ke nunɔlagãwo ɖo bena, yewoawu Lazaro hã;


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Eye esi wose esia la, eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu wo!


Eye esi ŋkeke geɖe va yi la, Yudatɔwo de adaŋu, bena yewoawui;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa