Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yohanes 11:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.”

Onani mutuwo Koperani




Yohanes 11:44
20 Mawu Ofanana  

Eye Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Eye wogbe nya na wo vevie bena, amea ɖeke naganyae o; eye wòbena, woana nanee, ne wòaɖu.


Eye bubu va gblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, wò pounde, si metsɔ dzra ɖo ɖe taku nu la, nye esi;


Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.


Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!


Tete wotsɔ Yesu ƒe kuku la, eye wobiae ɖe aklala me kple atike ʋeʋẽe la, abe alesi Yudatɔwo wona ɖia amee ene.


eye esi wòdo kɔ ɖe eme la, ekpɔ aklalawo le afima; gake la meyi ɖe eme o.


eye taku, si wòbia ta nɛ la, mele aklalawo gbɔ o, ke boŋ wòŋe eme ɖo afi bubu.


Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa